Revelation of John 2

Gbedeasi na Efeso Hame la

1“Ŋlɔ na Efeso Hamea ƒe mawudɔla be, ‘Esiawoe nye nya siwo tso ame si lé ɣletivi adre ɖe ɖusi eye wòle zɔzɔm le sikakaɖiti adreawo dome la gbɔ. 2Menya wò dɔwɔwɔwo, wò kutrikuku kple wò ŋusẽdodonu. Menyae be màte ŋu alɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ƒe nya o, gawu la èdo ame siwo be yewonye apostolowo evɔ womenyee o la kpɔ eye nèkpɔ be wonye aʋatsotɔwo. 3Èdze agbagba, eye nèto fukpekpe geɖe me le nye ŋkɔ la ta gake nu meti tɔ na wò o.

4“‘Gake mekpɔ nu sia le ŋutiwò be nègblẽ wò gbãlɔlɔ̃ ɖi. 5Ɖo ŋku afi si nège tso la dzi! Trɔ dzime eye nàwɔ nu siwo nèwɔna tsã. Ne mètrɔ dzime o la, mava gbɔwò eye maɖe wò akaɖiti la le enɔƒe. 6Ke esia nye nu dzeame nèwɔ be nèlé fu Nikolaitɔwo ƒe nuwɔnawo, nu siwo nye hã melé fui.

7“‘Ame si to senu li na la, nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo. Ame si ɖu dzi la, mana ŋusẽe be wòaɖu agbeti si le Mawu ƒe Paraɖiso me la ƒe tsetsea.’

Gbedeasi na Smirna Hame la

8“Ŋlɔ na Smirna Hamea ƒe mawudɔla be, ‘Esiawo nye nya siwo tso eya, ame si nye Gbãtɔ kple Mlɔɛtɔ, ame si ku eye wògale agbe la gbɔ. 9Menya wò fukpekpe kple ahedada evɔ kesinɔtɔ nènye hafi! Menya ame siwo gblɔna be yewonye Yudatɔwo evɔ womenyee o, ke boŋ wonye satana ƒe ƒuƒoƒemenɔlawo. 10Megavɔ̃ na fukpekpe siwo ava dze dziwo la o. Satana ade mia dometɔ aɖewo gaxɔ me le ŋkeke siawo me be woate mi akpɔ. Woati mia yome “ŋkeke ewo,” si gɔmee nye ɣeyiɣi kpui aɖe.

“‘Nɔ nuteƒewɔwɔ dzi yi ɖase ɖe ku me gɔ̃ hã eye mana agbefiakuku wò.
11Ame si to se nu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo. Ku Evelia mawɔ nu vevi aɖeke ame si aɖu dzi la o.’

Gbedeasi na Pergamo Hame la

12“Ŋlɔ na Pergamo Hamea ƒe mawudɔla be, ‘Esiawo nye ame si lé yi ɖaɖɛ nuevee ɖe asi la ƒe nyawo. 13Menya afi si èle, eyae nye afi si Satana li eƒe fiazi anyi ɖo. Ke hã la, ègalé nye ŋkɔ me ɖe asi ko; mègbe nu le wò xɔse si nètsɔ ɖe menye la gbɔ o; èlé eme ɖe asi le Antipas, nye ɖasefo nuteƒewɔla, ƒe ɣeyiɣiwo me gɔ̃ hã, ame siwo wowu le miaƒe du si nye Satana nɔƒe la me.

14“‘Ke hã la nya ʋe aɖewo le asinye ɖe ŋutiwò. Ame aɖewo le mia dome afi ma, ame siwo galé Balam ƒe nufiafiawo me ɖe asi ko, ame si fia Balak be wòable Israelviwo nu woawɔ nu vɔ̃ to nuɖuɖu siwo wotsɔ sa vɔe na legbawo la ɖuɖu me kple ahasiwɔwɔ me. 15Nenema ke ame siwo lé Nikolai ƒe nufiafia me ɖe asi la hã le mia dome. 16Eya ta trɔ dzime! Ne menye nenema o la, mava gbɔwò kpuie eye mawɔ avu kpli wò kple yi si le nye nume.

17“‘Ame si to senu li na la, nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo.’

Gbedeasi na Tiatira Hame la

18“Ŋlɔ na Tiatira Hamea ƒe mawudɔla be, ‘Esiawo nye Mawu Vi la ƒe nyawo, ame si ƒe ŋkuwo le abe dzoƒeaɖe ene eye eƒe afɔwo le abe gadzĩ si le keklẽm la ene. 19Menya wò dɔwɔwɔwo, wò lɔlɔ̃, wò xɔse, wò dɔmenyowɔwɔ kple wò vevidodo eye azɔ gɔ hã la, èle wo wɔm wu tsã.

20“‘Ke hã la, mekpɔ nu sia le ŋutiwò; èɖe mɔ na nyɔnu ma, ame si woyɔ na be Yezebel, ame si yɔa eɖokui be nyagblɔɖila. Ekplɔ nye dɔlawo trae to eƒe nufiafia me be woage ɖe ahasiwɔwɔ me eye be woaɖu nu siwo wotsɔ sa vɔe na legbawo. 21Mena ɣeyiɣii be wòatrɔ tso eƒe ŋunyɔnuwo wɔwɔ me gake egbe. 22Eya ta matsɔe aƒu fukpekpe ƒe aba dzi eye mana be ame siwo wɔ ahasi kplii la nakpe fu vevie, dzaa ɖe wòtrɔ le eƒe mɔ vɔ̃wo dzi. 23Maƒu nu viawo woaku ekema hameawo katã anyae be nyee nye dziwo kple susuwò me dzrola eye maxe fe na ame sia ame le eƒe nuwɔwɔwo nu. 24Azɔ mele egblɔm na mi ame mamlɛ siwo le Tiatira, mi ame siwo melé nufiafia me ɖe asi o eye miesrɔ̃ nu si woawo ŋutɔ le yɔyɔm be Satana ƒe nu goglowo o la, nyemada agba kpekpe bubu aɖeke ɖe mia dzi o. 25Miawo ya milé nu si le mia si la me ɖe asi sesĩe va se ɖe esime mava.

26“‘Ame si ɖu dzi eye wòwɔ nye lɔlɔ̃nu va se ɖe nuwuwu la, eyae mana ŋusẽe ɖe dukɔwo dzi, 27“aɖu wo dzi kple gatikplɔ, atsɔ wo axlã ɖe nu woakaka abe ze ene” eye anɔ abe ale si ko mexɔ ŋusẽ tso fofonye gbɔ ene. 28Matsɔ ŋukeɣletivi la hã nɛ. 29Ame si to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo.’

Copyright information for EweBEE